Hebrews 2

Nuxɔxlɔ̃ hena toɖoɖo

1Esia ta ele na mi be miaɖo to nyateƒenya siwo katã miese la nyuie ne menye nenema o la miate ɖa xaa tso nyateƒe la gbɔ. 2Ne gbedeasi si mawudɔlawo gblɔ la nye nyateƒe eye edzidalawo kple ame siwo meɖo toe o la xɔ tohehe si wodze na la, 3ale ke míawo ya míawɔ asi le enu ne míegbe toɖoɖo ɖeɖenya gã sia? Ɖeɖe sia si Aƒetɔ la ŋutɔ ɖe gbeƒãe zi gbãtɔ la woɖo kpe edzi na mi to ame siwo ɖo toe la dzi. 4Mawu ŋutɔ hã ɖo kpe woƒe ɖaseɖiɖi dzi to dzesiwo, nukunuwo kple nukudɔ vovovowo dzi eye wòna Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nunana amewo le ale si wòlɔ̃ nu.

Yesu nɔ ame ƒe nɔnɔme me

5Mawu metsɔ mawudɔlawo ɖo dziɖulawoe na xexeme si ava va esi ŋuti míele nu ƒom le o.

6Ke ame aɖe gblɔ le Psalmowo ƒe agbalẽ me be,

“Nu kae nye amegbetɔ be nébua eŋuti eye nu kae nye amegbetɔvi be neléa be nɛ?
7Èwɔ wo wobɔbɔ ɖe anyi vie wu mawudɔlawo, ètsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ fiakuku nɛ 8eye nètsɔ nu sia nu de eƒe afɔ te.”
Esi Mawu tsɔ nu sia nu de eƒe dzikpɔkpɔ te la, meɖe neneke le eme o. Gake fifi laa la medze abe nu sia nu le eƒe dzikpɔkpɔ te ene o.
9Míekpɔ Yesu, ame si wowɔ wòɖiɖi vie wu mawudɔlawo, ke fifia la woɖɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku nɛ elabena ekpe fu yi ɖe ku me ale be to Mawu ƒe amenuveve me wòaxɔ ku ɖe ame sia ame nu. 10Ɖe ko wòle eteƒe be, Mawu, ame si wɔ nuwo katã eye wòlé nuwo katã ɖe te la nawɔ Yesu blibo to fukpekpe me be wòakplɔ viŋutsu geɖewo vɛ woakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe me, elabena Yesue kplɔ wo yi ɖeɖe le gbɔe. 11Ame si wɔa amewo kɔkɔe kple ame siwo wowɔ kɔkɔe la katã nye ƒome ɖeka me wɔlawo. Eya ta mekpe ŋu na Yesu be wòayɔ wo be ye nɔviwo o. 12Egblɔ be,

“Maɖe gbeƒa wò ŋkɔ na nɔvinyewo, madzi wò kafukafuhawo le ameha la ŋkume.”
13Egagblɔ be,

“Maɖo dzi ɖe Mawu ŋu.”
Eye wogagblɔ be,

“Nye kple vi siwo Mawu nam la miele afii”.
14Esi ɖeviawo nye ŋutilã kple ʋu ta la, eya hã kpɔ gome le woƒe amenyenye me ale be to eƒe ku me wòatsrɔ̃ ame si si ku ƒe ŋusẽ le, ame si nye Satana, 15eye wòɖe ga ame siwo zu kluviwo to vɔvɔ̃ na ku me le woƒe agbemeŋkekewo katã me. 16Le nyateƒe me la, menye mawudɔlawo ŋue wòkpe ɖo o, ke boŋ ekpe ɖe Abraham ƒe dzidzimewiwo ŋu. 17Le susu sia ta wòle be woawɔe wòanɔ abe nɔviawo ene le go sia go me ale be wòava zu Osɔfogã, nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔ me, eye be woaxe fe ɖe amewo ƒe nu vɔ̃wo ta. 18Esi wònye be eya ŋutɔ kpe fu to tetekpɔ me ta la, ete ŋu kpe ɖe ame siwo tem kpɔ wole la ŋu.

Copyright information for EweBEE